# ee/Ewe-NT.xml.gz
# zh/Chinese-tok.xml.gz
(src)="b.MAT.1.1.1"> Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi , eƒe dzidzime lae nye esi .
(trg)="b.MAT.1.1.1"> 亞伯拉罕 的 後裔 、 大衛 的 子孫 、 耶穌基督 的 家譜 . 〔 後裔 子孫 原文 都 作 兒子 下同
(src)="b.MAT.1.2.1"> Abraham dzi Isak , Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo .
(trg)="b.MAT.1.2.1"> 亞伯拉罕 生 以撒 . 以撒 生 雅各 . 雅各 生猶 大和 他 的 弟兄
(src)="b.MAT.1.3.1"> Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar , Hezrɔn fofoe nye Perez , Hezrɔn hã dzi Ram ,
(trg)="b.MAT.1.3.1"> 猶大 從 他 瑪氏 生法 勒斯 和 謝拉 . 法勒斯生希斯崙 . 希斯崙生 亞蘭
(src)="b.MAT.1.4.1"> Ram dzi Aminadab , Aminadab dzi Nahesɔn , Nahesɔn dzi Salmo ,
(trg)="b.MAT.1.4.1"> 亞蘭生 亞米 拿達 . 亞米 拿 達生 拿順 . 拿順 生撒門
(src)="b.MAT.1.5.1"> Salmo hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab .
(src)="b.MAT.1.5.2"> Boaz dzi Obed , eye Obed dadae nye Rut , Obed dzi Yese .
(trg)="b.MAT.1.5.1"> 撒門從 喇合氏 生波阿斯 . 波阿斯從路 得 氏生 俄備得 . 俄備 得 生 耶西
(src)="b.MAT.1.6.1"> Yese dzi Fia David , David dzi Salomo , Salomo dadae nye Batseba ame si nye Uria srɔ̃ kpɔ ,
(trg)="b.MAT.1.6.1"> 耶西 生 大衛王 。 大衛從烏 利亞 的 妻子 生 所羅門
(src)="b.MAT.1.7.1"> Salomo dzi Rehoboam , Rehoboam dzi Abiya , eye Abiya hã dzi Asa ,
(trg)="b.MAT.1.7.1"> 所羅門 生 羅波安 . 羅波安 生亞比雅 . 亞比雅生 亞撒
(src)="b.MAT.1.8.1"> Asa dzi Yehosafat , Yehosafat dzi Yoram , Yoram dzi Uzia ,
(trg)="b.MAT.1.8.1"> 亞撒 生約 沙法 . 約沙法生 約蘭 . 約蘭 生烏西亞
(src)="b.MAT.1.9.1"> Uzia dzi Yotam , Yotam dzi Ahaz , Ahaz dzi Hezekia ,
(trg)="b.MAT.1.9.1"> 烏西亞生約坦 . 約坦 生亞哈斯 . 亞哈斯生 希西家
(src)="b.MAT.1.10.1"> Hezekia dzi Manase , Manase dzi Amɔn , Amɔn dzi Yosia ,
(trg)="b.MAT.1.10.1"> 希西家 生瑪拿西 . 瑪拿西 生 亞們 . 亞們 生約西亞
(src)="b.MAT.1.11.1"> Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo .
(src)="b.MAT.1.11.2"> Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia .
(trg)="b.MAT.1.11.1"> 百姓 被 遷到 巴比倫 的 時候 、 約西亞生 耶哥 尼雅 和 他 的 弟兄
(src)="b.MAT.1.12.1"> Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la , Yekonia dzi Sealtiel , Sealtiel dzi Zerubabel ,
(trg)="b.MAT.1.12.1"> 遷到 巴比倫 之後 、 耶哥 尼雅 生 撒拉鐵 . 撒拉 鐵生 所 羅巴伯
(src)="b.MAT.1.13.1"> Zerubabel hã dzi Abihud , Abihud dzi Eliakim , eye Eliakim dzi Azɔ ,
(trg)="b.MAT.1.13.1"> 所 羅巴伯生亞比玉 . 亞比玉生 以利 亞敬 . 以利 亞敬 生亞所
(src)="b.MAT.1.14.1"> Azɔ dzi Zadɔk , Zadɔk dzi Akim , Akim dzi Elihud ,
(trg)="b.MAT.1.14.1"> 亞所生 撒督 . 撒督生 亞金 . 亞金 生以律
(src)="b.MAT.1.15.1"> Elihud dzi Eleaza , Eleaza dzi Matan , Matan hã dzi Yakɔb ,
(trg)="b.MAT.1.15.1"> 以 律生 以利亞撒 . 以利亞撒 生 馬但 . 馬但 生 雅各
(src)="b.MAT.1.16.1"> eye Yakɔb dzi Yosef .
(src)="b.MAT.1.16.2"> Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃
(trg)="b.MAT.1.16.1"> 雅各 生 約瑟 、 就是 馬利亞 的 丈夫 . 那 稱為 基督 的 耶穌 、 是 從馬利亞 生的
(src)="b.MAT.1.17.1"> Dzidzimeawo katã , tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene , eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene , nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene .
(trg)="b.MAT.1.17.1"> 這樣 、 從 亞伯拉罕 到 大衛 、 共 有 十四代 . 從 大衛 到 遷至 巴比倫 的 時候 、 也 有 十四代 . 從遷 至 巴比倫 的 時候 到 基督 、 又 有 十四 代
(src)="b.MAT.1.18.1"> Yesu ƒe dzidzi va yi ale : Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe .
(src)="b.MAT.1.18.2"> Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la , Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi .
(trg)="b.MAT.1.18.1"> 耶穌基督 降生 的 事 、 記在 下面 . 他 母親 馬利亞 已 經許 配 了 約瑟 、 還沒 有 迎娶 、 馬利亞 就 從聖 靈懷 了孕
(src)="b.MAT.1.19.1"> Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe , eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme , elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o .
(trg)="b.MAT.1.19.1"> 他 丈夫 約瑟 是 個義人 、 不 願意 明明 的 羞辱 他 、 想要 暗暗 的 把 他 休 了
(src)="b.MAT.1.20.1"> Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la , mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe , yɔe gblɔ nɛ be , “ Yosef , David vi , mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o , kplɔe wòava nɔ gbɔwò .
(src)="b.MAT.1.20.2"> Elabena vi si le dɔme nɛ la , Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso .
(trg)="b.MAT.1.20.1"> 正 思念 這 事 的 時候 、 有主 的 使者 向 他 夢中顯現 、 說 、 大衛 的 子孫 約瑟 、 不 要 怕 、 只 管 娶 過 你 的 妻子 馬利亞來 . 因 他所懷的孕 、 是 從聖靈 來的
(src)="b.MAT.1.21.1"> Adzi ŋutsuvi eye nãna ŋkɔe be Yesu , esi gɔmee nye ‘ Đela ’ , elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me .
(trg)="b.MAT.1.21.1"> 他 將要 生 一 個 兒子 . 你 要 給他 起 名叫 耶穌 . 因 他 要 將 自己 的 百姓 從罪惡裡 救出來
(src)="b.MAT.1.22.1"> Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena ,
(trg)="b.MAT.1.22.1"> 這一切 的 事 成就 、 是 要 應驗 主 藉 先知 所 說的話
(src)="b.MAT.1.23.1"> ‘ Miɖo to miase nya sia , ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi .
(src)="b.MAT.1.23.2"> Woana ŋkɔe be , ‘ Imanuel ’ si gɔmee nye , ‘ Mawu li kpli mí . ’ ”
(trg)="b.MAT.1.23.1"> 說 、 『 必 有 童女 、 懷孕 生子 、 人 要 稱 他 的 名為 以 馬內利 。 』 ( 以 馬內 利繙 出來 、 就是 神與 我 們 同在 。
(src)="b.MAT.1.24.1"> Esi Yosef nyɔ la , ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi , eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene .
(trg)="b.MAT.1.24.1"> 約瑟 醒了 、 起來 、 就 遵著 主使者 的 吩咐 、 把 妻子 娶過來
(src)="b.MAT.1.25.1"> Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be “ Yesu . ”
(trg)="b.MAT.1.25.1"> 只是 沒有 和 他 同房 、 等 他 生 了 兒子 、 〔 有 古 卷 作 等 他 生了頭胎 的 兒子 〕 就 給 他 起名 叫 耶穌
(src)="b.MAT.2.1.1"> Wodzi Yesu le Betlehem le Yudea , le Fia Herodes ŋɔli .
(src)="b.MAT.2.1.2"> Le ɣemaɣi la , ɣletivimenunyala aɖewo tso ɣedzeƒe lɔƒo va Yerusalem , eye wonɔ amewo biam bena ,
(trg)="b.MAT.2.1.1"> 當 希律王 的 時候 、 耶穌生 在 猶太 的 伯利恆 . 有幾個 博士 從東 方來 到 耶路撒冷 、 說
(src)="b.MAT.2.2.1"> ” Afi kae Yudatɔwo ƒe Fia yeye si wodzi la le ?
(src)="b.MAT.2.2.2"> Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe lɔƒo ke ale mieva be míasubɔe . ”
(trg)="b.MAT.2.2.1"> 那 生下 來作猶 太 人 之 王 的 在 那裡 。 我 們 在 東方 看見 他 的 星 、 特來 拜他
(src)="b.MAT.2.3.1"> Esi Fia Herodes se nya sia la dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo .
(trg)="b.MAT.2.3.1"> 希律王 聽見 了 、 就 心裡不安 . 耶路撒冷 合城 的 人 、 也 都 不安
(src)="b.MAT.2.4.1"> Le esia ta Fia Herodes yɔ Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒui eye wòbia wo be , “ Đe nyagblɔɖilawo gblɔ afi si wole Mesia la dzi ge le la na mí da ɖia ? ”
(trg)="b.MAT.2.4.1"> 他 就 召齊 了 祭司 長和 民間 的 文士 、 問他 們說 、 基督 當生 在 何處
(src)="b.MAT.2.5.1"> Woɖo eŋu nɛ be , “ Ẽ , wogblɔ be woadzi Mesia la le Betlehem . ”
(src)="b.MAT.2.5.2"> Nyagblɔɖila Mika ŋlɔe da ɖi be ,
(trg)="b.MAT.2.5.1"> 他 們 回答 說 、 在 猶太 的 伯利恆 . 因為 有 先知記 著說
(src)="b.MAT.2.6.1"> ” O , wò Betlehem du sue la , menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o , ke boŋ èxɔ ŋkɔ ŋutɔ , elabena wò mee Fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado tso . ”
(trg)="b.MAT.2.6.1"> 『 猶大 地 的 伯利 恆阿 、 你 在 猶大 諸 城中 、 並 不 是 最 小 的 . 因 為將來 有 一 位 君王 、 要從 你 那 裡出來 、 牧養 我 以色列 民 。
(src)="b.MAT.2.7.1"> Le esia megbe la , Herodes dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa bena woava kpɔ ye .
(src)="b.MAT.2.7.2"> Esi wova la ebia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye eye wogblɔe nɛ .
(src)="b.MAT.2.7.3"> Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia bena ,
(trg)="b.MAT.2.7.1"> 當下 希律 暗暗 的 召 了 博士來 、 細問 那 星 是 甚 麼時候 出現的
(src)="b.MAT.2.8.1"> “ Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la , eye ne mieke ɖe eŋu la , mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe ! ”
(trg)="b.MAT.2.8.1"> 就 差 他 們往 伯利 恆去 、 說 、 你 們去 仔細尋訪 那 小孩子 . 尋到 了 、 就 來報 信 、 我 也好 去 拜 他
(src)="b.MAT.2.9.1"> Esi wowu takpekpea nu la , ɣletivimenunyalawo gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi .
(src)="b.MAT.2.9.2"> Kasia ɣletivi la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe Betlehem dua tame tututu .
(trg)="b.MAT.2.9.1"> 他 們聽見 王的話 、 就 去 了 . 在 東方 所 看見 的 那 星 、 忽然 在 他 們 前 頭行 、 直行 到 小孩子 的 地方 、 就 在 上頭 停住 了
(src)="b.MAT.2.10.1"> Nyateƒe , dzi dzɔ wo ŋutɔ , ŋutɔ .
(trg)="b.MAT.2.10.1"> 他 們看見 那 星 、 就 大大 的 歡喜
(src)="b.MAT.2.11.1"> Woge ɖe aƒe si me Maria kple ɖevia nɔ me eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ .
(src)="b.MAT.2.11.2"> Woʋu nu le woƒe nunanawo nu , eye wotsɔ sika , kotoklobo kple lifi nɛ .
(trg)="b.MAT.2.11.1"> 進 了 房子 、 看見 小孩子 和 他 母親 馬利亞 、 就 俯伏 拜 那 小孩子 、 揭開 寶盒 、 拿黃 金 乳香沒 藥為禮 物 獻給他
(src)="b.MAT.2.12.1"> Emegbe wotrɔ dze aƒe mɔ dzi tẽe eye womegato Yerusalem yi ɖagblɔ nya aɖeke na Herodes o , elabena Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena woato mɔ bubu ayi aƒe .
(trg)="b.MAT.2.12.1"> 博士 因 為 在 夢中 被 主 指示 、 不 要 回去 見 希律 、 就 從別 的 路回 本地 去了
(src)="b.MAT.2.13.1"> Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la , mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe .
(src)="b.MAT.2.13.2"> Egblɔ nɛ bena , “ Tso kpla ne nãsi kple ɖevia kpakple dadaa ayi Egipte , eye nãnɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nãtrɔ gbɔ .
(src)="b.MAT.2.13.3"> Elabena Fia Herodes le nu sia nu si wòate ŋui la wɔ ge bena yeawu ɖevia . ”
(trg)="b.MAT.2.13.1"> 他 們去 後 、 有主 的 使者 向 約瑟夢 中 顯現 、 說 、 起來 、 帶 著 小孩子 同 他 母親 、 逃往 埃及 、 住在 那 裡 、 等 我 吩咐 你 . 因為 希律 必尋 找 小孩子 要 除 滅他
(src)="b.MAT.2.14.1"> Le zã ma me ke Yosef si kple ɖevia kpakple dadaa yi Egipte ,
(trg)="b.MAT.2.14.1"> 約瑟 就 起來 、 夜間帶 著 小孩子 和 他 母親往 埃及去
(src)="b.MAT.2.15.1"> eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herodes ku .
(src)="b.MAT.2.15.2"> Nu sia wu nyagblɔɖi sia nu be , “ Egiptee meyɔ vinye la tsoe . ”
(trg)="b.MAT.2.15.1"> 住 在 那 裡 、 直 到 希律 死了 . 這是 要 應驗 主 藉 先知 所 說的話 、 說 、 『 我 從 埃及 召出 我 的 兒子來 。
(src)="b.MAT.2.16.1"> Herodes kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye .
(src)="b.MAT.2.16.2"> Dɔme vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutomewo me be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o .
(src)="b.MAT.2.16.3"> Herodes wɔ esia elabena ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivi la anye ƒe evee nye ma .
(trg)="b.MAT.2.16.1"> 希律 見 自己 被 博士 愚弄 、 就 大大 發怒 、 差人 將伯利 恆城裡 、 並四 境 所有 的 男孩 、 照著 他 向 博士仔 細查問 的 時候 、 凡兩歲 以 裡 的 、 都殺盡了
(src)="b.MAT.2.17.1"> Herodes ƒe tamesesẽnu si wòwɔ la wu Yeremia ƒe nyagblɔɖi siawo nu bena ,
(trg)="b.MAT.2.17.1"> 這就應 了 先知 耶利米 的話 、 說
(src)="b.MAT.2.18.1"> ” Vevesese ƒe ɣli ɖi tso Rama nutowo me , avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo ; Rahel nɔ avi dzi hehehe le viawo ta eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o , elabena viawo katã tsi yi nu . ”
(trg)="b.MAT.2.18.1"> 『 在 拉 瑪聽見號咷 大哭 的 聲音 、 是 拉結哭 他 兒女 、 不 肯 受 安慰 、 因為 他 們 都 不在了 。
(src)="b.MAT.2.19.1"> Esi Herodes ku la , mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte .
(src)="b.MAT.2.19.2"> Egblɔ nɛ be ,
(trg)="b.MAT.2.19.1"> 希律 死 了 以後 、 有主 的 使者 、 在 埃及 向 約瑟夢 中 顯現 、 說
(src)="b.MAT.2.20.1"> ” Tso nãkplɔ ɖevia kple dadaa trɔ yi Israel , elabena ame siwo le ɖevia ƒe agbe yome tim la ku ! ”
(trg)="b.MAT.2.20.1"> 起來 、 帶 著 小孩子 和 他 母親往 以色列 地 去 . 因為 要害 小孩子 性命 的 人 已 經死了
(src)="b.MAT.2.21.1"> Ale Yosef tso enumake eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israel .
(trg)="b.MAT.2.21.1"> 約瑟 就 起來 、 把 小孩子 和 他 母親帶 到 以色列 地去
(src)="b.MAT.2.22.1"> Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la evɔ̃ na afi ma yiyi .
(src)="b.MAT.2.22.2"> Woɖee fiae hã le drɔ̃eƒe eya ta eyi Galilea nutome ,
(trg)="b.MAT.2.22.1"> 只因 聽見亞 基 老 接著 他 父親希律 作了 猶 太 王 、 就 怕 往那 裡 去 . 又 在 夢中 被 主 指示 、 便 往 加利利 境內 去了
(src)="b.MAT.2.23.1"> ale woyi ɖanɔ Nazaret .
(src)="b.MAT.2.23.2"> Esia wu nyagblɔɖilawo ƒe nya sia nu be , “ Woayɔe be Nazaretitɔ . ”
(trg)="b.MAT.2.23.1"> 到了 一 座 城 、 名叫 拿撒勒 、 就 住在 那 裡 . 這是 要 應驗 先知 所 說 、 他 將稱為 拿撒勒人 的 話了
(src)="b.MAT.3.1.1"> Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunya gbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi .
(src)="b.MAT.3.1.2"> Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye be ,
(trg)="b.MAT.3.1.1"> 那時 、 有 施洗 的 約翰 出來 、 在 猶太 的 曠野傳道 、 說
(src)="b.MAT.3.2.1"> ” Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ , mitrɔ ɖe Mawu ŋuti elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo vɔ . ”
(trg)="b.MAT.3.2.1"> 天國 近 了 、 你 們應當 悔改
(src)="b.MAT.3.3.1"> Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dɔ si ƒomevi wɔ ge Yohanes le la da ɖi ƒe alafa nanewo va yi , egblɔ be , “ Mese ɣli aɖe tso gbedzi wòle ɖiɖim bena , ‘ Midzra mɔ ɖo ɖi na Aƒetɔ la eye mido mɔ siwo dzi to ge wòle la woadzɔ . ’ ”
(trg)="b.MAT.3.3.1"> 這人 就是 先知 以 賽亞 所 說 的 、 他說 、 『 在 曠野 有 人 聲喊 著說 、 豫備主 的 道 、 修直 他 的 路 。
(src)="b.MAT.3.4.1"> Wolɔ̃ Yohanes ƒe awu si wòdo la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii , eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi .
(trg)="b.MAT.3.4.1"> 這 約翰 身穿 駱駝 毛 的 衣服 、 腰束 皮帶 、 喫 的 是 蝗蟲 野蜜
(src)="b.MAT.3.5.1"> Ame geɖewo tso Yerusalem eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nuto me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe .
(trg)="b.MAT.3.5.1"> 那時 、 耶路撒冷 和 猶太 全 地 、 並約 但 河 一 帶 地方 的 人 、 都 出去 到 約翰 那 裡
(src)="b.MAT.3.6.1"> Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la , ede tsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me .
(trg)="b.MAT.3.6.1"> 承認 他 們 的 罪 、 在 約但 河裡 受 他 的 洗
(src)="b.MAT.3.7.1"> Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la , eka mo na wo gblɔ bena , “ Mi dawo ƒe dzidzimeviwo !
(src)="b.MAT.3.7.2"> Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu ?
(trg)="b.MAT.3.7.1"> 約翰 看 見許 多 法 利賽人 和 撒 都 該人 、 也來 受洗 、 就 對 他 們說 、 毒蛇 的 種類 、 誰 指示 你 們逃避 將來 的 忿怒 呢
(src)="b.MAT.3.8.1"> Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzime vavã
(trg)="b.MAT.3.8.1"> 你 們要 結出 果子 來 、 與悔改 的 心 相稱
(src)="b.MAT.3.9.1"> Migabui eye mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be ‘ mía fofoe nye Abraham ’ o .
(src)="b.MAT.3.9.2"> Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham .
(trg)="b.MAT.3.9.1"> 不要 自己 心 裡說 、 有 亞伯拉罕 為我們 的 袓宗 . 我 告訴 你 們 、 神 能 從這 些 石頭中給 亞伯拉罕 興 起子 孫來
(src)="b.MAT.3.10.1"> Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la , Mawu le klalo bena yeahe to na ame siwo katã tsi tre ɖe eƒe ɖoɖowo kple sewo ŋu .
(src)="b.MAT.3.10.2"> Mawu alã ame siawo akɔ ɖi abe ati siwo metse ku o ene eye woafli wo ade dzo me .
(trg)="b.MAT.3.10.1"> 現 在 斧子 已 經放 在 樹根 上 、 凡 不 結好 果子 的 樹 、 就 砍下 來 、 丟 在 火裡
(src)="b.MAT.3.11.1"> Nye la metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la , gake ame aɖe gbɔna , esi de ŋgɔ wum sãa ame sia de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze bena manye eƒe subɔvi gɔ̃ hã o .
(src)="b.MAT.3.11.2"> Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi .
(trg)="b.MAT.3.11.1"> 我 是 用水 給 你 們施洗 、 叫 你 們悔改 . 但 那 在 我 以 後來 的 、 能力 比 我 更 大 、 我 就是 給 他 提鞋 、 也 不配 . 他 要 用 聖靈 與火給 你 們施洗
(src)="b.MAT.3.12.1"> Ama ame dzɔdzɔewo ɖa tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ , ke ame vɔ̃ɖiwo la , atsrɔ̃ wo kple dzo mavɔ eye wòadzra ame dzɔdzɔewo ɖo ɖi na agbe mavɔ la . ”
(trg)="b.MAT.3.12.1"> 他 手 裡 拿著 簸箕 、 要 揚淨 他 的 場 、 把 麥子 收 在 倉裡 、 把糠 用 不 滅 的 火燒盡 了
(src)="b.MAT.3.13.1"> Le ɣemaɣi me la , Yesu hã tso le Galilea va Yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye .
(trg)="b.MAT.3.13.1"> 當下 、 耶穌從 加利利 來到 約但 河 、 見 了 約翰 、 要 受 他 的 洗
(src)="b.MAT.3.14.1"> Gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o ke boŋ egblɔ nɛ bena , “ Medze be nye made tsi ta na wò o .
(src)="b.MAT.3.14.2"> Nye boŋ wòle be nãde tsi ta na . ”
(trg)="b.MAT.3.14.1"> 約翰 想要 攔住 他 、 說 、 我當受 你 的 洗 、 你 反倒 上 我 這裡來麼
(src)="b.MAT.3.15.1"> Yesu gblɔ nɛ bena , “ Meɖe kuku de tsia ta nam ko , elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi . ”
(src)="b.MAT.3.15.2"> Ale Yohanes lɔ̃ de tsia ta nɛ .
(trg)="b.MAT.3.15.1"> 耶穌 回答 說 、 你 暫且許 我 . 因為 我 們理當這樣盡諸 般的義 . 〔 或 作禮 〕 於是 約翰 許 了 他
(src)="b.MAT.3.16.1"> Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ eye wònɔ go dom le tsia me la , dziƒo nu ʋu eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ , le akpakpa ƒe nɔnɔme me , wònɔ ɖiɖim ɖe edzi .
(trg)="b.MAT.3.16.1"> 耶穌 受 了 洗 、 隨即從水裡 上來 . 天 忽然為 他 開 了 、 他 就 看 見神 的 靈 、 彷彿鴿 子 降下 、 落在 他 身上
(src)="b.MAT.3.17.1"> Le ɣeyiɣi sia me tututu la , gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena , “ Ame siae nye Vinye , si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o , ame si ƒe nu dzea ŋunye . ”
(trg)="b.MAT.3.17.1"> 從天 上有聲 音說 、 這是 我 的 愛子 、 我 所 喜 悅 的
(src)="b.MAT.4.1.1"> Le esia megbe la , Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee akpɔ .
(trg)="b.MAT.4.1.1"> 當時 、 耶穌 被 聖靈 引 到 曠野 、 受 魔鬼 的 試探
(src)="b.MAT.4.2.1"> Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene , eye emegbe dɔ wui vevie ŋutɔ .
(trg)="b.MAT.4.2.1"> 他 禁食 四十 晝 夜 、 後來 就 餓了
(src)="b.MAT.4.3.1"> Esi Abosam kpɔ esia la , eva tee kpɔ gblɔ nɛ be , “ Nenye wòe nye Mawu Vi la vavã la , ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nãɖu . ”
(trg)="b.MAT.4.3.1"> 那 試探人 的 進前來 、 對他說 、 你 若是 神 的 兒子 、 可以 吩咐 這些 石頭變 成 食物
(src)="b.MAT.4.4.1"> Yesu ɖo eŋu nɛ be , “ Woŋlɔe ɖi be , ‘ Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ agbe ɖo o , ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie . ”
(trg)="b.MAT.4.4.1"> 耶穌卻 回答 說 、 經上記 著說 、 『 人 活著 、 不 是 單靠 食物 、 乃是 靠 神口 裡 所 出 的 一切 話 。
(src)="b.MAT.4.5.1"> Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tame ke ,
(trg)="b.MAT.4.5.1"> 魔鬼 就 帶 他 進 了 聖城 、 叫 他 站在 殿 頂上 、 〔 頂 原文 作翅
(src)="b.MAT.4.6.1"> hegblɔ nɛ bena , “ Be nãfia be Mawu Vi nènye la , ti kpo tso afi sia ne nãdze anyigba elabena , mawunya gblɔ bena , ‘ Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe wò le yame be mãtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o .
(trg)="b.MAT.4.6.1"> 對他說 、 你 若是 神 的 兒子 、 可以 跳 下去 . 因 為經 上 記著說 、 『 主要 為 你 吩咐 他 的 使者 、 用手 托 著 你 、 免得 你 的 腳碰 在 石頭 上 。
(src)="b.MAT.4.7.1"> Yesu gagblɔ nɛ bena , “ Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o . ”
(trg)="b.MAT.4.7.1"> 耶穌對 他 說 、 經上 又 記著說 、 『 不 可 試 探主 你 的 神 。
(src)="b.MAT.4.8.1"> Le esia megbe la , Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae .
(trg)="b.MAT.4.8.1"> 魔鬼 又 帶 他 上 了 一 座 最 高 的 山 、 將 世上 的 萬國 、 與萬國 的 榮華 、 都 指給 他 看
(src)="b.MAT.4.9.1"> Egblɔ nɛ be , “ Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko . ”
(trg)="b.MAT.4.9.1"> 對他說 、 你 若 俯伏 拜 我 、 我 就 把 這 一切 賜給你
(src)="b.MAT.4.10.1"> Yesu blu ɖe Abosam ta bena , “ Satana , te ɖa le gbɔnye , mèse mawunya gblɔ bena , ‘ Aƒetɔ wò Mawu la ko nãsubɔ , eya ko wòle be nãɖo toe oa ? ’ ” "
(trg)="b.MAT.4.10.1"> 耶穌說 、 撒但 退去 罷 。 〔 撒但 就是 抵擋 的 意思 乃 魔鬼 的 別名 〕 因 為經 上 記著說 、 『 當 拜 主 你 的 神 、 單要事 奉 他 。
(src)="b.MAT.4.11.1"> Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo , eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe .
(trg)="b.MAT.4.11.1"> 於是 魔鬼 離 了 耶穌 、 有 天使來 伺候 他
(src)="b.MAT.4.12.1"> Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la , edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea ,
(trg)="b.MAT.4.12.1"> 耶穌聽見 約翰 下 了 監 、 就 退到 加利利 去
(src)="b.MAT.4.13.1"> ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutomewo me .
(trg)="b.MAT.4.13.1"> 後 又 離開 拿撒勒 、 往迦 百 農 去 、 就 住在 那 裡 . 那 地 去 方 靠海 、 在 西 布倫 和 拿弗他利 的 邊界 上
(src)="b.MAT.4.14.1"> Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Yesaya gblɔ da ɖi nu bena , "
(trg)="b.MAT.4.14.1"> 這是 要 應驗 先知 以 賽亞 的 話
(src)="b.MAT.4.15.1"> ” Mi Zebulon kple Naftali , mi anyigba siwo le ƒuta , kpakple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo va se ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea ,
(trg)="b.MAT.4.15.1"> 說 、 『 西 布 倫地 、 拿弗他利 地 、 就是 沿海 的 路 、 約但 河外 、 外邦人 的 加利利 地
(src)="b.MAT.4.16.1"> miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã gake fifia la , kekeli gã aɖe klẽ na mi .
(src)="b.MAT.4.16.2"> Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi , kekeli klẽ na mi . ”
(trg)="b.MAT.4.16.1"> 那 坐在 黑暗 裡 的 百姓 、 看見 了 大 光 、 坐在 死 蔭 之 地 的 人 、 有光 發現 照著 他 們 。
(src)="b.MAT.4.17.1"> Tso esia dzi la , Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be , “ Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu , elabena dziƒofiaɖuƒe la te tu aƒe vɔ ! ”
(trg)="b.MAT.4.17.1"> 從那時候 耶穌 就 傳起 道來 、 說 、 天國近 了 、 你 們應當 悔改
(src)="b.MAT.4.18.1"> Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒua nu la , ekpɔ nɔvi eve aɖewo .
(src)="b.MAT.4.18.2"> Woawoe nye Simɔn , si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea .
(src)="b.MAT.4.18.3"> Wonɔ asabu dam elabena ɖɔkplɔlawoe wonye .
(trg)="b.MAT.4.18.1"> 耶穌 在 加利利 海邊 行走 、 看 見 弟兄 二 人 、 就是 那 稱呼 彼得 的 西門 、 和 他 兄弟 安得烈 、 在 海裡 撒網 . 他 們本 是 打 魚的
(src)="b.MAT.4.19.1"> Yesu yɔ wo gblɔ na wo be , “ Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo . ”
(trg)="b.MAT.4.19.1"> 耶穌對 他 們說 、 來跟從 我 、 我 要 叫 你 們得 人 如 得魚一樣
(src)="b.MAT.4.20.1"> Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo .
(trg)="b.MAT.4.20.1"> 他 們 就 立刻 捨了網 、 跟從 了 他
(src)="b.MAT.4.21.1"> Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la , Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo le ʋu me nɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam .
(src)="b.MAT.4.21.2"> Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome .
(trg)="b.MAT.4.21.1"> 從那裡 往前 走 、 又 看 見弟兄 二 人 、 就 是 西庇太 的 兒子 雅各 、 和 他 兄弟 約翰 、 同 他 們的 父親 西庇太 在 船上 補網 . 耶穌 就 招呼 他 們
(src)="b.MAT.4.22.1"> Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake .
(trg)="b.MAT.4.22.1"> 他 們立刻 捨 了 船 、 別 了 父親 、 跟從 了 耶穌
(src)="b.MAT.4.23.1"> Yesu tsa le Galilea nutome la katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye afi sia afi si wòyi ko la eɖea gbeƒã dziƒofiaɖuƒe ƒe nyanyui la .
(src)="b.MAT.4.23.2"> Hekpe ɖe esia ŋu la , eyɔ dɔ , dɔ ƒomevi vovovo lélawo .
(trg)="b.MAT.4.23.1"> 耶穌 走遍 加利利 、 在各會堂裡 教訓人 、 傳 天國 的 福音 、 醫治 百姓 各 樣 的 病症
(src)="b.MAT.4.24.1"> Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka de teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔe nu ke .
(src)="b.MAT.4.24.2"> Ale dɔnɔwo tso keke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu .
(src)="b.MAT.4.24.3"> Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo , eɖanye lãmevee , tsukuku , lãmetutu , kpeŋui , gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o , eda dɔ siawo katã .
(trg)="b.MAT.4.24.1"> 他 的 名聲 就 傳遍 了 敘利亞 . 那裡 的 人 把 一切 害病 的 、 就是 害 各 樣 疾病 、 各 樣 疼痛 的 、 和 被 鬼 附 的 、 癲癇 的 、 癱瘓 的 、 都帶了來 、 耶穌 就 治好 了 他 們
(src)="b.MAT.4.25.1"> Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome , eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli .
(src)="b.MAT.4.25.2"> Ame siawo tso Galilea nutoa me , Yerusalem , Dekapoli kple Yudea godoo , ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke .
(trg)="b.MAT.4.25.1"> 當下 、 有 許多 人 從加利利 、 低 加 波利 、 耶路撒冷 、 猶太 、 約但 河外 、 來 跟 著 他
(src)="b.MAT.5.1.1"> Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la , elia togbɛ aɖe eye wònɔ anyi ɖe edzi .
(trg)="b.MAT.5.1.1"> 耶穌 看 見這許 多 的 人 、 就 上 了 山 、 既 已 坐下 、 門徒 到 他 跟前來
(src)="b.MAT.5.2.1"> Eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ .
(src)="b.MAT.5.2.2"> Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo bena , “
(trg)="b.MAT.5.2.1"> 他 就 開口 教訓 他 們說
(src)="b.MAT.5.3.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la , elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi .
(trg)="b.MAT.5.3.1"> 虛心 的 人 有 福 了 . 因 為 天國是 他 們的
(src)="b.MAT.5.4.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo hã le konyi fam la , elabena woafa akɔ na mi !
(trg)="b.MAT.5.4.1"> 哀慟 的 人 有 福 了 . 因為 他 們必得 安慰
(src)="b.MAT.5.5.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo faa tu , miawoe anyi anyigba la ƒe dome .
(trg)="b.MAT.5.5.1"> 溫柔 的 人 有 福 了 . 因為 他 們必 承受 地土
(src)="b.MAT.5.6.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la , elabena miawoe aɖi ƒo .
(trg)="b.MAT.5.6.1"> 飢 渴慕義 的 人 有 福 了 . 因為 他 們必得 飽足
(src)="b.MAT.5.7.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo le nublanui kpɔm na amewo la , elabena miawo woakpɔ nublanui na .
(trg)="b.MAT.5.7.1"> 憐恤 人 的 人 有 福 了 . 因為 他 們必 蒙憐恤
(src)="b.MAT.5.8.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo dza le miaƒe dzi me , elabena miawoe akpɔ Mawu .
(trg)="b.MAT.5.8.1"> 清心 的 人 有 福 了 . 因為 他 們必得 見神
(src)="b.MAT.5.9.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo léa avu la elabena miawoe woayɔ be Mawu viwo .
(trg)="b.MAT.5.9.1"> 使 人 和睦 的 人 有 福 了 . 因為 他 們必稱為 神 的 兒子
(src)="b.MAT.5.10.1"> Dzi nedzɔ mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta , elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la .
(trg)="b.MAT.5.10.1"> 為義 受 逼迫 的 人 有 福 了 . 因 為 天國是 他 們的