# ar/Arabic.xml.gz
# ee/Ewe-NT.xml.gz
(src)="b.MAT.1.1.1"> كتاب ميلاد يسوع المسيح ابن داود ابن ابراهيم .
(trg)="b.MAT.1.1.1"> Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi , eƒe dzidzime lae nye esi .
(src)="b.MAT.1.2.1"> ابراهيم ولد اسحق . واسحق ولد يعقوب . ويعقوب ولد يهوذا واخوته .
(trg)="b.MAT.1.2.1"> Abraham dzi Isak , Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo .
(src)="b.MAT.1.3.1"> ويهوذا ولد فارص وزارح من ثامار . وفارص ولد حصرون . وحصرون ولد ارام .
(trg)="b.MAT.1.3.1"> Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar , Hezrɔn fofoe nye Perez , Hezrɔn hã dzi Ram ,
(src)="b.MAT.1.4.1"> وارام ولد عميناداب . وعميناداب ولد نحشون . ونحشون ولد سلمون .
(trg)="b.MAT.1.4.1"> Ram dzi Aminadab , Aminadab dzi Nahesɔn , Nahesɔn dzi Salmo ,
(src)="b.MAT.1.5.1"> وسلمون ولد بوعز من راحاب . وبوعز ولد عوبيد من راعوث . وعوبيد ولد يسى .
(trg)="b.MAT.1.5.1"> Salmo hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab .
(trg)="b.MAT.1.5.2"> Boaz dzi Obed , eye Obed dadae nye Rut , Obed dzi Yese .
(src)="b.MAT.1.6.1"> ويسى ولد داود الملك . وداود الملك ولد سليمان من التي لأوريا .
(trg)="b.MAT.1.6.1"> Yese dzi Fia David , David dzi Salomo , Salomo dadae nye Batseba ame si nye Uria srɔ̃ kpɔ ,
(src)="b.MAT.1.7.1"> وسليمان ولد رحبعام . ورحبعام ولد ابيا . وابيا ولد آسا .
(trg)="b.MAT.1.7.1"> Salomo dzi Rehoboam , Rehoboam dzi Abiya , eye Abiya hã dzi Asa ,
(src)="b.MAT.1.8.1"> وآسا ولد يهوشافاط . ويهوشافاط ولد يورام . ويورام ولد عزيا .
(trg)="b.MAT.1.8.1"> Asa dzi Yehosafat , Yehosafat dzi Yoram , Yoram dzi Uzia ,
(src)="b.MAT.1.9.1"> وعزيا ولد يوثام . ويوثام ولد آحاز . وآحاز ولد حزقيا .
(trg)="b.MAT.1.9.1"> Uzia dzi Yotam , Yotam dzi Ahaz , Ahaz dzi Hezekia ,
(src)="b.MAT.1.10.1"> وحزقيا ولد منسّى . ومنسّى ولد آمون . وآمون ولد يوشيا .
(trg)="b.MAT.1.10.1"> Hezekia dzi Manase , Manase dzi Amɔn , Amɔn dzi Yosia ,
(src)="b.MAT.1.11.1"> ويوشيا ولد يكنيا واخوته عند سبي بابل .
(trg)="b.MAT.1.11.1"> Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo .
(trg)="b.MAT.1.11.2"> Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia .
(src)="b.MAT.1.12.1"> وبعد سبي بابل يكنيا ولد شألتيئيل . وشألتيئيل ولد زربابل .
(trg)="b.MAT.1.12.1"> Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la , Yekonia dzi Sealtiel , Sealtiel dzi Zerubabel ,
(src)="b.MAT.1.13.1"> وزربابل ولد ابيهود . وابيهود ولد الياقيم . والياقيم ولد عازور .
(trg)="b.MAT.1.13.1"> Zerubabel hã dzi Abihud , Abihud dzi Eliakim , eye Eliakim dzi Azɔ ,
(src)="b.MAT.1.14.1"> وعازور ولد صادوق . وصادوق ولد اخيم . واخيم ولد اليود .
(trg)="b.MAT.1.14.1"> Azɔ dzi Zadɔk , Zadɔk dzi Akim , Akim dzi Elihud ,
(src)="b.MAT.1.15.1"> واليود ولد أليعازر . وأليعازر ولد متان . ومتان ولد يعقوب .
(trg)="b.MAT.1.15.1"> Elihud dzi Eleaza , Eleaza dzi Matan , Matan hã dzi Yakɔb ,
(src)="b.MAT.1.16.1"> ويعقوب ولد يوسف رجل مريم التي ولد منها يسوع الذي يدعى المسيح .
(trg)="b.MAT.1.16.1"> eye Yakɔb dzi Yosef .
(trg)="b.MAT.1.16.2"> Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃
(src)="b.MAT.1.17.1"> فجميع الاجيال من ابراهيم الى داود اربعة عشر جيلا . ومن داود الى سبي بابل اربعة عشر جيلا . ومن سبي بابل الى المسيح اربعة عشر جيلا
(trg)="b.MAT.1.17.1"> Dzidzimeawo katã , tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene , eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene , nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene .
(src)="b.MAT.1.18.1"> اما ولادة يسوع المسيح فكانت هكذا . لما كانت مريم امه مخطوبة ليوسف قبل ان يجتمعا وجدت حبلى من الروح القدس .
(trg)="b.MAT.1.18.1"> Yesu ƒe dzidzi va yi ale : Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe .
(trg)="b.MAT.1.18.2"> Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la , Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi .
(src)="b.MAT.1.19.1"> فيوسف رجلها اذ كان بارا ولم يشأ ان يشهرها اراد تخليتها سرّا .
(trg)="b.MAT.1.19.1"> Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe , eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme , elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o .
(src)="b.MAT.1.20.1"> ولكن فيما هو متفكر في هذه الامور اذا ملاك الرب قد ظهر له في حلم قائلا يا يوسف ابن داود لا تخف ان تأخذ مريم امرأتك . لان الذي حبل به فيها هو من الروح القدس .
(trg)="b.MAT.1.20.1"> Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la , mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe , yɔe gblɔ nɛ be , “ Yosef , David vi , mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o , kplɔe wòava nɔ gbɔwò .
(trg)="b.MAT.1.20.2"> Elabena vi si le dɔme nɛ la , Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso .
(src)="b.MAT.1.21.1"> فستلد ابنا وتدعو اسمه يسوع لانه يخلّص شعبه من خطاياهم .
(trg)="b.MAT.1.21.1"> Adzi ŋutsuvi eye nãna ŋkɔe be Yesu , esi gɔmee nye ‘ Đela ’ , elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me .
(src)="b.MAT.1.22.1"> وهذا كله كان لكي يتم ما قيل من الرب بالنبي القائل .
(trg)="b.MAT.1.22.1"> Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena ,
(src)="b.MAT.1.23.1"> هوذا العذراء تحبل وتلد ابنا ويدعون اسمه عمانوئيل الذي تفسيره الله معنا
(trg)="b.MAT.1.23.1"> ‘ Miɖo to miase nya sia , ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi .
(trg)="b.MAT.1.23.2"> Woana ŋkɔe be , ‘ Imanuel ’ si gɔmee nye , ‘ Mawu li kpli mí . ’ ”
(src)="b.MAT.1.24.1"> فلما استيقظ يوسف من النوم فعل كما امره ملاك الرب واخذ امرأته .
(trg)="b.MAT.1.24.1"> Esi Yosef nyɔ la , ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi , eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene .
(src)="b.MAT.1.25.1"> ولم يعرفها حتى ولدت ابنها البكر . ودعا اسمه يسوع
(trg)="b.MAT.1.25.1"> Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be “ Yesu . ”
(src)="b.MAT.2.1.1"> ولما ولد يسوع في بيت لحم اليهودية في ايام هيرودس الملك اذا مجوس من المشرق قد جاءوا الى اورشليم
(trg)="b.MAT.2.1.1"> Wodzi Yesu le Betlehem le Yudea , le Fia Herodes ŋɔli .
(trg)="b.MAT.2.1.2"> Le ɣemaɣi la , ɣletivimenunyala aɖewo tso ɣedzeƒe lɔƒo va Yerusalem , eye wonɔ amewo biam bena ,
(src)="b.MAT.2.2.1"> قائلين اين هو المولود ملك اليهود . فاننا رأينا نجمه في المشرق واتينا لنسجد له .
(trg)="b.MAT.2.2.1"> ” Afi kae Yudatɔwo ƒe Fia yeye si wodzi la le ?
(trg)="b.MAT.2.2.2"> Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe lɔƒo ke ale mieva be míasubɔe . ”
(src)="b.MAT.2.3.1"> فلما سمع هيرودس الملك اضطرب وجميع اورشليم معه .
(trg)="b.MAT.2.3.1"> Esi Fia Herodes se nya sia la dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo .
(src)="b.MAT.2.4.1"> فجمع كل رؤساء الكهنة وكتبة الشعب وسألهم اين يولد المسيح .
(trg)="b.MAT.2.4.1"> Le esia ta Fia Herodes yɔ Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒui eye wòbia wo be , “ Đe nyagblɔɖilawo gblɔ afi si wole Mesia la dzi ge le la na mí da ɖia ? ”
(src)="b.MAT.2.5.1"> فقالوا له في بيت لحم اليهودية . لانه هكذا مكتوب بالنبي .
(trg)="b.MAT.2.5.1"> Woɖo eŋu nɛ be , “ Ẽ , wogblɔ be woadzi Mesia la le Betlehem . ”
(trg)="b.MAT.2.5.2"> Nyagblɔɖila Mika ŋlɔe da ɖi be ,
(src)="b.MAT.2.6.1"> وانت يا بيت لحم ارض يهوذا لست الصغرى بين رؤساء يهوذا . لان منك يخرج مدبر يرعى شعبي اسرائيل
(trg)="b.MAT.2.6.1"> ” O , wò Betlehem du sue la , menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o , ke boŋ èxɔ ŋkɔ ŋutɔ , elabena wò mee Fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado tso . ”
(src)="b.MAT.2.7.1"> حينئذ دعا هيرودس المجوس سرّا وتحقق منهم زمان النجم الذي ظهر .
(trg)="b.MAT.2.7.1"> Le esia megbe la , Herodes dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa bena woava kpɔ ye .
(trg)="b.MAT.2.7.2"> Esi wova la ebia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye eye wogblɔe nɛ .
(trg)="b.MAT.2.7.3"> Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia bena ,
(src)="b.MAT.2.8.1"> ثم ارسلهم الى بيت لحم وقال اذهبوا وافحصوا بالتدقيق عن الصبي . ومتى وجدتموه فاخبروني لكي آتي انا ايضا واسجد له .
(trg)="b.MAT.2.8.1"> “ Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la , eye ne mieke ɖe eŋu la , mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe ! ”
(src)="b.MAT.2.9.1"> فلما سمعوا من الملك ذهبوا واذا النجم الذي رأوه في المشرق يتقدمهم حتى جاء ووقف فوق حيث كان الصبي .
(trg)="b.MAT.2.9.1"> Esi wowu takpekpea nu la , ɣletivimenunyalawo gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi .
(trg)="b.MAT.2.9.2"> Kasia ɣletivi la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe Betlehem dua tame tututu .
(src)="b.MAT.2.10.1"> فلما رأوا النجم فرحوا فرحا عظيما جدا .
(trg)="b.MAT.2.10.1"> Nyateƒe , dzi dzɔ wo ŋutɔ , ŋutɔ .
(src)="b.MAT.2.11.1"> وأتوا الى البيت ورأوا الصبي مع مريم امه . فخروا وسجدوا له . ثم فتحوا كنوزهم وقدموا له هدايا ذهبا ولبانا ومرّا .
(trg)="b.MAT.2.11.1"> Woge ɖe aƒe si me Maria kple ɖevia nɔ me eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ .
(trg)="b.MAT.2.11.2"> Woʋu nu le woƒe nunanawo nu , eye wotsɔ sika , kotoklobo kple lifi nɛ .
(src)="b.MAT.2.12.1"> ثم اذ أوحي اليهم في حلم ان لا يرجعوا الى هيرودس انصرفوا في طريق اخرى الى كورتهم
(trg)="b.MAT.2.12.1"> Emegbe wotrɔ dze aƒe mɔ dzi tẽe eye womegato Yerusalem yi ɖagblɔ nya aɖeke na Herodes o , elabena Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena woato mɔ bubu ayi aƒe .
(src)="b.MAT.2.13.1"> وبعدما انصرفوا اذا ملاك الرب قد ظهر ليوسف في حلم قائلا قم وخذ الصبي وامه واهرب الى مصر وكن هناك حتى اقول لك . لان هيرودس مزمع ان يطلب الصبي ليهلكه .
(trg)="b.MAT.2.13.1"> Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la , mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe .
(trg)="b.MAT.2.13.2"> Egblɔ nɛ bena , “ Tso kpla ne nãsi kple ɖevia kpakple dadaa ayi Egipte , eye nãnɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nãtrɔ gbɔ .
(trg)="b.MAT.2.13.3"> Elabena Fia Herodes le nu sia nu si wòate ŋui la wɔ ge bena yeawu ɖevia . ”
(src)="b.MAT.2.14.1"> فقام واخذ الصبي وامه ليلا وانصرف الى مصر .
(trg)="b.MAT.2.14.1"> Le zã ma me ke Yosef si kple ɖevia kpakple dadaa yi Egipte ,
(src)="b.MAT.2.15.1"> وكان هناك الى وفاة هيرودس . لكي يتم ما قيل من الرب بالنبي القائل من مصر دعوت ابني
(trg)="b.MAT.2.15.1"> eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herodes ku .
(trg)="b.MAT.2.15.2"> Nu sia wu nyagblɔɖi sia nu be , “ Egiptee meyɔ vinye la tsoe . ”
(src)="b.MAT.2.16.1"> حينئذ لما رأى هيرودس ان المجوس سخروا به غضب جدا . فارسل وقتل جميع الصبيان الذين في بيت لحم وفي كل تخومها من ابن سنتين فما دون بحسب الزمان الذي تحققه من المجوس .
(trg)="b.MAT.2.16.1"> Herodes kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye .
(trg)="b.MAT.2.16.2"> Dɔme vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutomewo me be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o .
(trg)="b.MAT.2.16.3"> Herodes wɔ esia elabena ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivi la anye ƒe evee nye ma .
(src)="b.MAT.2.17.1"> حينئذ تم ما قيل بارميا النبي القائل .
(trg)="b.MAT.2.17.1"> Herodes ƒe tamesesẽnu si wòwɔ la wu Yeremia ƒe nyagblɔɖi siawo nu bena ,
(src)="b.MAT.2.18.1"> صوت سمع في الرامة نوح وبكاء وعويل كثير . راحيل تبكي على اولادها ولا تريد ان تتعزى لانهم ليسوا بموجودين
(trg)="b.MAT.2.18.1"> ” Vevesese ƒe ɣli ɖi tso Rama nutowo me , avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo ; Rahel nɔ avi dzi hehehe le viawo ta eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o , elabena viawo katã tsi yi nu . ”
(src)="b.MAT.2.19.1"> فلما مات هيرودس اذا ملاك الرب قد ظهر في حلم ليوسف في مصر
(trg)="b.MAT.2.19.1"> Esi Herodes ku la , mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte .
(trg)="b.MAT.2.19.2"> Egblɔ nɛ be ,
(src)="b.MAT.2.20.1"> قائلا . قم وخذ الصبي وامه واذهب الى ارض اسرائيل . لانه قد مات الذين كانوا يطلبون نفس الصبي .
(trg)="b.MAT.2.20.1"> ” Tso nãkplɔ ɖevia kple dadaa trɔ yi Israel , elabena ame siwo le ɖevia ƒe agbe yome tim la ku ! ”
(src)="b.MAT.2.21.1"> فقام واخذ الصبي وامه وجاء الى ارض اسرائيل .
(trg)="b.MAT.2.21.1"> Ale Yosef tso enumake eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israel .
(src)="b.MAT.2.22.1"> ولكن لما سمع ان ارخيلاوس يملك على اليهودية عوضا عن هيرودس ابيه خاف ان يذهب الى هناك . واذ أوحي اليه في حلم انصرف الى نواحي الجليل .
(trg)="b.MAT.2.22.1"> Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la evɔ̃ na afi ma yiyi .
(trg)="b.MAT.2.22.2"> Woɖee fiae hã le drɔ̃eƒe eya ta eyi Galilea nutome ,
(src)="b.MAT.2.23.1"> وأتى وسكن في مدينة يقال لها ناصرة . لكي يتم ما قيل بالانبياء انه سيدعى ناصريا
(trg)="b.MAT.2.23.1"> ale woyi ɖanɔ Nazaret .
(trg)="b.MAT.2.23.2"> Esia wu nyagblɔɖilawo ƒe nya sia nu be , “ Woayɔe be Nazaretitɔ . ”
(src)="b.MAT.3.1.1"> وفي تلك الايام جاء يوحنا المعمدان يكرز في برية اليهودية .
(trg)="b.MAT.3.1.1"> Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunya gbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi .
(trg)="b.MAT.3.1.2"> Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye be ,
(src)="b.MAT.3.2.1"> قائلا توبوا لانه قد اقترب ملكوت السموات .
(trg)="b.MAT.3.2.1"> ” Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ , mitrɔ ɖe Mawu ŋuti elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo vɔ . ”
(src)="b.MAT.3.3.1"> فان هذا هو الذي قيل عنه باشعياء النبي القائل صوت صارخ في البرية اعدوا طريق الرب . اصنعوا سبله مستقيمة .
(trg)="b.MAT.3.3.1"> Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dɔ si ƒomevi wɔ ge Yohanes le la da ɖi ƒe alafa nanewo va yi , egblɔ be , “ Mese ɣli aɖe tso gbedzi wòle ɖiɖim bena , ‘ Midzra mɔ ɖo ɖi na Aƒetɔ la eye mido mɔ siwo dzi to ge wòle la woadzɔ . ’ ”
(src)="b.MAT.3.4.1"> ويوحنا هذا كان لباسه من وبر الابل وعلى حقويه منطقة من جلد . وكان طعامه جرادا وعسلا بريا .
(trg)="b.MAT.3.4.1"> Wolɔ̃ Yohanes ƒe awu si wòdo la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii , eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi .
(src)="b.MAT.3.5.1"> حينئذ خرج اليه اورشليم وكل اليهودية وجميع الكورة المحيطة بالاردن .
(trg)="b.MAT.3.5.1"> Ame geɖewo tso Yerusalem eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nuto me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe .
(src)="b.MAT.3.6.1"> واعتمدوا منه في الاردن معترفين بخطاياهم
(trg)="b.MAT.3.6.1"> Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la , ede tsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me .
(src)="b.MAT.3.7.1"> فلما رأى كثيرين من الفريسيين والصدوقيين ياتون الى معموديته قال لهم يا اولاد الافاعي من اراكم ان تهربوا من الغضب الآتي .
(trg)="b.MAT.3.7.1"> Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la , eka mo na wo gblɔ bena , “ Mi dawo ƒe dzidzimeviwo !
(trg)="b.MAT.3.7.2"> Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu ?
(src)="b.MAT.3.8.1"> فاصنعوا اثمارا تليق بالتوبة .
(trg)="b.MAT.3.8.1"> Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzime vavã
(src)="b.MAT.3.9.1"> ولا تفتكروا ان تقولوا في انفسكم لنا ابراهيم ابا . لاني اقول لكم ان الله قادر ان يقيم من هذه الحجارة اولادا لابراهيم .
(trg)="b.MAT.3.9.1"> Migabui eye mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be ‘ mía fofoe nye Abraham ’ o .
(trg)="b.MAT.3.9.2"> Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham .
(src)="b.MAT.3.10.1"> والآن قد وضعت الفاس على اصل الشجر . فكل شجرة لا تصنع ثمرا جيدا تقطع وتلقى في النار .
(trg)="b.MAT.3.10.1"> Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la , Mawu le klalo bena yeahe to na ame siwo katã tsi tre ɖe eƒe ɖoɖowo kple sewo ŋu .
(trg)="b.MAT.3.10.2"> Mawu alã ame siawo akɔ ɖi abe ati siwo metse ku o ene eye woafli wo ade dzo me .
(src)="b.MAT.3.11.1"> انا اعمدكم بماء للتوبة . ولكن الذي يأتي بعدي هو اقوى مني الذي لست اهلا ان احمل حذاءه . هو سيعمدكم بالروح القدس ونار .
(trg)="b.MAT.3.11.1"> Nye la metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la , gake ame aɖe gbɔna , esi de ŋgɔ wum sãa ame sia de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze bena manye eƒe subɔvi gɔ̃ hã o .
(trg)="b.MAT.3.11.2"> Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi .
(src)="b.MAT.3.12.1"> الذي رفشه في يده وسينقي بيدره ويجمع قمحه الى المخزن . واما التبن فيحرقه بنار لا تطفأ
(trg)="b.MAT.3.12.1"> Ama ame dzɔdzɔewo ɖa tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ , ke ame vɔ̃ɖiwo la , atsrɔ̃ wo kple dzo mavɔ eye wòadzra ame dzɔdzɔewo ɖo ɖi na agbe mavɔ la . ”
(src)="b.MAT.3.13.1"> حينئذ جاء يسوع من الجليل الى الاردن الى يوحنا ليعتمد منه .
(trg)="b.MAT.3.13.1"> Le ɣemaɣi me la , Yesu hã tso le Galilea va Yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye .
(src)="b.MAT.3.14.1"> ولكن يوحنا منعه قائلا انا محتاج ان اعتمد منك وانت تأتي اليّ .
(trg)="b.MAT.3.14.1"> Gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o ke boŋ egblɔ nɛ bena , “ Medze be nye made tsi ta na wò o .
(trg)="b.MAT.3.14.2"> Nye boŋ wòle be nãde tsi ta na . ”
(src)="b.MAT.3.15.1"> فاجاب يسوع وقال له اسمح الآن . لانه هكذا يليق بنا ان نكمل كل بر . حينئذ سمح له .
(trg)="b.MAT.3.15.1"> Yesu gblɔ nɛ bena , “ Meɖe kuku de tsia ta nam ko , elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi . ”
(trg)="b.MAT.3.15.2"> Ale Yohanes lɔ̃ de tsia ta nɛ .
(src)="b.MAT.3.16.1"> فلما اعتمد يسوع صعد للوقت من الماء . واذا السموات قد انفتحت له فرأى روح الله نازلا مثل حمامة وآتيا عليه .
(trg)="b.MAT.3.16.1"> Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ eye wònɔ go dom le tsia me la , dziƒo nu ʋu eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ , le akpakpa ƒe nɔnɔme me , wònɔ ɖiɖim ɖe edzi .
(src)="b.MAT.3.17.1"> وصوت من السموات قائلا هذا هو ابني الحبيب الذي به سررت
(trg)="b.MAT.3.17.1"> Le ɣeyiɣi sia me tututu la , gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena , “ Ame siae nye Vinye , si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o , ame si ƒe nu dzea ŋunye . ”
(src)="b.MAT.4.1.1"> ثم أصعد يسوع الى البرية من الروح ليجرب من ابليس .
(trg)="b.MAT.4.1.1"> Le esia megbe la , Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee akpɔ .
(src)="b.MAT.4.2.1"> فبعدما صام اربعين نهارا واربعين ليلة جاع اخيرا .
(trg)="b.MAT.4.2.1"> Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene , eye emegbe dɔ wui vevie ŋutɔ .
(src)="b.MAT.4.3.1"> فتقدم اليه المجرب وقال له ان كنت ابن الله فقل ان تصير هذه الحجارة خبزا .
(trg)="b.MAT.4.3.1"> Esi Abosam kpɔ esia la , eva tee kpɔ gblɔ nɛ be , “ Nenye wòe nye Mawu Vi la vavã la , ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nãɖu . ”
(src)="b.MAT.4.4.1"> فاجاب وقال مكتوب ليس بالخبز وحده يحيا الانسان بل بكل كلمة تخرج من فم الله .
(trg)="b.MAT.4.4.1"> Yesu ɖo eŋu nɛ be , “ Woŋlɔe ɖi be , ‘ Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ agbe ɖo o , ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie . ”
(src)="b.MAT.4.5.1"> ثم اخذه ابليس الى المدينة المقدسة واوقفه على جناح الهيكل .
(trg)="b.MAT.4.5.1"> Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tame ke ,
(src)="b.MAT.4.6.1"> وقال له ان كنت ابن الله فاطرح نفسك الى اسفل . لانه مكتوب انه يوصي ملائكته بك . فعلى اياديهم يحملونك لكي لا تصدم بحجر رجلك .
(trg)="b.MAT.4.6.1"> hegblɔ nɛ bena , “ Be nãfia be Mawu Vi nènye la , ti kpo tso afi sia ne nãdze anyigba elabena , mawunya gblɔ bena , ‘ Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe wò le yame be mãtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o .
(src)="b.MAT.4.7.1"> قال له يسوع مكتوب ايضا لا تجرب الرب الهك .
(trg)="b.MAT.4.7.1"> Yesu gagblɔ nɛ bena , “ Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o . ”
(src)="b.MAT.4.8.1"> ثم اخذه ايضا ابليس الى جبل عال جدا واراه جميع ممالك العالم ومجدها .
(trg)="b.MAT.4.8.1"> Le esia megbe la , Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae .
(src)="b.MAT.4.9.1"> وقال له اعطيك هذه جميعها ان خررت وسجدت لي .
(trg)="b.MAT.4.9.1"> Egblɔ nɛ be , “ Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko . ”
(src)="b.MAT.4.10.1"> حينئذ قال له يسوع اذهب يا شيطان . لانه مكتوب للرب الهك تسجد واياه وحده تعبد .
(trg)="b.MAT.4.10.1"> Yesu blu ɖe Abosam ta bena , “ Satana , te ɖa le gbɔnye , mèse mawunya gblɔ bena , ‘ Aƒetɔ wò Mawu la ko nãsubɔ , eya ko wòle be nãɖo toe oa ? ’ ” "
(src)="b.MAT.4.11.1"> ثم تركه ابليس واذا ملائكة قد جاءت فصارت تخدمه
(trg)="b.MAT.4.11.1"> Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo , eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe .
(src)="b.MAT.4.12.1"> ولما سمع يسوع ان يوحنا اسلم انصرف الى الجليل .
(trg)="b.MAT.4.12.1"> Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la , edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea ,
(src)="b.MAT.4.13.1"> وترك الناصرة واتى فسكن في كفرناحوم التي عند البحر في تخوم زبولون ونفتاليم .
(trg)="b.MAT.4.13.1"> ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutomewo me .
(src)="b.MAT.4.14.1"> لكي يتم ما قيل باشعياء النبي القائل .
(trg)="b.MAT.4.14.1"> Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Yesaya gblɔ da ɖi nu bena , "
(src)="b.MAT.4.15.1"> ارض زبولون وارض نفتاليم طريق البحر عبر الاردن جليل الامم .
(trg)="b.MAT.4.15.1"> ” Mi Zebulon kple Naftali , mi anyigba siwo le ƒuta , kpakple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo va se ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea ,
(src)="b.MAT.4.16.1"> الشعب الجالس في ظلمة ابصر نورا عظيما . والجالسون في كورة الموت وظلاله اشرق عليهم نور .
(trg)="b.MAT.4.16.1"> miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã gake fifia la , kekeli gã aɖe klẽ na mi .
(trg)="b.MAT.4.16.2"> Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi , kekeli klẽ na mi . ”
(src)="b.MAT.4.17.1"> من ذلك الزمان ابتدأ يسوع يكرز ويقول توبوا لانه قد اقترب ملكوت السموات
(trg)="b.MAT.4.17.1"> Tso esia dzi la , Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be , “ Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu , elabena dziƒofiaɖuƒe la te tu aƒe vɔ ! ”
(src)="b.MAT.4.18.1"> واذ كان يسوع ماشيا عند بحر الجليل ابصر اخوين سمعان الذي يقال له بطرس واندراوس اخاه يلقيان شبكة في البحر فانهما كانا صيادين .
(trg)="b.MAT.4.18.1"> Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒua nu la , ekpɔ nɔvi eve aɖewo .
(trg)="b.MAT.4.18.2"> Woawoe nye Simɔn , si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea .
(trg)="b.MAT.4.18.3"> Wonɔ asabu dam elabena ɖɔkplɔlawoe wonye .
(src)="b.MAT.4.19.1"> فقال لهما هلم ورائي فاجعلكما صيادي الناس .
(trg)="b.MAT.4.19.1"> Yesu yɔ wo gblɔ na wo be , “ Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo . ”
(src)="b.MAT.4.20.1"> فللوقت تركا الشباك وتبعاه .
(trg)="b.MAT.4.20.1"> Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo .
(src)="b.MAT.4.21.1"> ثم اجتاز من هناك فرأى اخوين آخرين يعقوب بن زبدي ويوحنا اخاه في السفينة مع زبدي ابيهما يصلحان شباكهما فدعاهما .
(trg)="b.MAT.4.21.1"> Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la , Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo le ʋu me nɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam .
(trg)="b.MAT.4.21.2"> Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome .
(src)="b.MAT.4.22.1"> فللوقت تركا السفينة واباهما وتبعاه
(trg)="b.MAT.4.22.1"> Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake .
(src)="b.MAT.4.23.1"> وكان يسوع يطوف كل الجليل يعلم في مجامعهم ويكرز ببشارة الملكوت ويشفي كل مرض وكل ضعف في الشعب .
(trg)="b.MAT.4.23.1"> Yesu tsa le Galilea nutome la katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye afi sia afi si wòyi ko la eɖea gbeƒã dziƒofiaɖuƒe ƒe nyanyui la .
(trg)="b.MAT.4.23.2"> Hekpe ɖe esia ŋu la , eyɔ dɔ , dɔ ƒomevi vovovo lélawo .
(src)="b.MAT.4.24.1"> فذاع خبره في جميع سورية . فاحضروا اليه جميع السقماء المصابين بامراض واوجاع مختلفة والمجانين والمصروعين والمفلوجين فشفاهم .
(trg)="b.MAT.4.24.1"> Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka de teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔe nu ke .
(trg)="b.MAT.4.24.2"> Ale dɔnɔwo tso keke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu .
(trg)="b.MAT.4.24.3"> Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo , eɖanye lãmevee , tsukuku , lãmetutu , kpeŋui , gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o , eda dɔ siawo katã .
(src)="b.MAT.4.25.1"> فتبعته جموع كثيرة من الجليل والعشر المدن واورشليم واليهودية ومن عبر الاردن
(trg)="b.MAT.4.25.1"> Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome , eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli .
(trg)="b.MAT.4.25.2"> Ame siawo tso Galilea nutoa me , Yerusalem , Dekapoli kple Yudea godoo , ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke .
(src)="b.MAT.5.1.1"> ولما رأى الجموع صعد الى الجبل . فلما جلس تقدم اليه تلاميذه .
(trg)="b.MAT.5.1.1"> Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la , elia togbɛ aɖe eye wònɔ anyi ɖe edzi .
(src)="b.MAT.5.2.1"> ففتح فاه وعلمهم قائلا .
(trg)="b.MAT.5.2.1"> Eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ .
(trg)="b.MAT.5.2.2"> Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo bena , “
(src)="b.MAT.5.3.1"> طوبى للمساكين بالروح . لان لهم ملكوت السموات .
(trg)="b.MAT.5.3.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la , elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi .
(src)="b.MAT.5.4.1"> طوبى للحزانى . لانهم يتعزون .
(trg)="b.MAT.5.4.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo hã le konyi fam la , elabena woafa akɔ na mi !
(src)="b.MAT.5.5.1"> طوبى للودعاء . لانهم يرثون الارض .
(trg)="b.MAT.5.5.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo faa tu , miawoe anyi anyigba la ƒe dome .
(src)="b.MAT.5.6.1"> طوبى للجياع والعطاش الى البر . لانهم يشبعون .
(trg)="b.MAT.5.6.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la , elabena miawoe aɖi ƒo .
(src)="b.MAT.5.7.1"> طوبى للرحماء . لانهم يرحمون .
(trg)="b.MAT.5.7.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo le nublanui kpɔm na amewo la , elabena miawo woakpɔ nublanui na .
(src)="b.MAT.5.8.1"> طوبى للانقياء القلب . لانهم يعاينون الله .
(trg)="b.MAT.5.8.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo dza le miaƒe dzi me , elabena miawoe akpɔ Mawu .
(src)="b.MAT.5.9.1"> طوبى لصانعي السلام . لانهم ابناء الله يدعون .
(trg)="b.MAT.5.9.1"> Dzi nedzɔ mi , ame siwo léa avu la elabena miawoe woayɔ be Mawu viwo .
(src)="b.MAT.5.10.1"> طوبى للمطرودين من اجل البر . لان لهم ملكوت السموات .
(trg)="b.MAT.5.10.1"> Dzi nedzɔ mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta , elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la .